Jeremiah 24:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alé Yehowa gblɔ esi: Alesi gbotsetse gbegblẽawo gblẽ, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o la, nenema mawo Yuda-fia Zedekiya kple eƒe amegãwo, amesiwo kpɔtɔ ɖe Yerusalem, kple amesiwo susɔ ɖe anyigba la dzi, kpakple amesiwo le Egipte-nyigba dzi lae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ be: “Abe gbotsetse siwo gblẽ, eye womate ŋu aɖu wo o ene la, nenema mawɔ Zedekiya, Yuda-fia kple eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem kple ame siwo susɔ ɖe anyigba sia dzi kpakple ame siwo le Egipte-nyigba dzi lae.