Jeremiah 24:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana woazu ŋɔdzinu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã. Woado vlo wo, woazu hamelo, woako wo, eye woatsɔ wo ŋkɔ aƒo fi ade ame le teƒe siwo katã manyà wo aɖo ɖa la.