Jeremiah 25:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mino aha miamu, eye miɖe xe, midze anyi, eye migafɔ o, le yi, si maɖo ɖe mia dome la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema nàgblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la, be: ‘Mino aha miamu, mitru, midze anyi, eye migafɔ o, le aʋawɔwɔ si maɖo ɖe mia dome la ta.’