Jeremiah 25:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe gbe va nam tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi ƒe ƒe wuietɔ̃lia dzi vaseɖe egbe, ƒe blave vo etɔ̃ sɔŋ nye esi, eye meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi; ke mieɖo to o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ƒe bla eve vɔ etɔ̃ sɔŋ nye esi, tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi la, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enelia me va se ɖe egbe, Aƒetɔ nɔ nu ƒom nam, eye nye hã mele eƒe gbedeasia gblɔm na mi atraɖii, gake miegbe toɖoɖom.