Jeremiah 25:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò la nagblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu agblɔ na wo bena: Yehowa le gbe ɖem tso dzi me, eye wòna eƒe gbe ɖi tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la me; ele gbe ɖem ɖe eƒe lãnyiƒe ŋu, eye wòtso ayiboopɛɛ abe weinfiãlawo ene ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eya ta wò la, ele be nàɖe gbeƒã nya siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la. Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ le gbe ɖe ge tso dziƒo, eye wòaƒo nu tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ele gbe ɖe ge ŋɔdzitɔe bobobo ɖe eƒe alẽha ŋu. Ado ɣli sesĩe abe wainfiãlawo ene. Anyigbadzitɔwo katã ŋue wòaɖe gbea ɖo.