Jeremiah 26:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne miewum la, ekema minyae be, miehe ʋu maɖifɔ va mia ɖokui kple du sia kpakple emenɔlawo dzi; elabena nyateƒe Yehowa dom ɖe mi, be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖeko minya nyuie be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ ava mia ɖokui, du sia kple emenɔlawo dzi; elabe le nyateƒe me la, Aƒetɔ ye dɔm ɖe mia gbɔ be magblɔ nya siawo katã ɖe to me na mi.”