Jeremiah 26:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le Yuda-fia, Xizkiya ŋɔli la, Mixa, Morasitɔ ɖe gbeƒã na Yuda-dukɔ blibo la be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: ‘Amewo ade Zion abe agble ene Yerusalem-du azu glikpo, eye gbedoxɔ nɔƒe le toa dzi azu ave.’