Jeremiah 26:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Yeremya mekpɔ ɖe nu le nya, siwo katã Yehowa de esi, be wòagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ me o la, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ bena: Àku kokoko!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yeremya wu nya siwo katã Aƒetɔ be negblɔ la gbɔgblɔ nu na ameawo la, nunɔlaawo kple gbeƒãɖelaawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ be: “Èdze na ku!