Jeremiah 27:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le gbɔgblɔm na mi be, migasubɔ Babel-fia o la ƒe nyawo o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migaɖo to gbeƒãɖela siwo le gbɔgblɔm na mi be: ‘Mele be miasubɔ Babilon-fia o’ la o. Mia blem wole kple woƒe gbeƒãɖeɖeawo.
Recommended Reading