Jeremiah 27:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ale megblɔ na nunɔlawo kple dukɔ blibo sia enye si: Yehowa be: Migaɖo to miaƒe nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi be: Kpɔ ɖa, woahe Yehowa ƒe aƒe me nuwo agbɔe tso Babel kaba la ƒe nya o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete megblɔ na nunɔlaawo kple dukɔ blibo la be Aƒetɔ be: “Migaɖo to nya si miaƒe gbeƒãɖelawo le gbɔgblɔm na mi be: ‘Kpɔ ɖa, esusɔ vie woatrɔ Aƒetɔ ƒe aƒemenuwo avɛ tso Babilonia’ o. Mia blem wole kple woƒe gbeƒãɖeɖe mawo.