Jeremiah 27:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nenye nyagblɔɖilawo wonye, eye Yehowa ƒe gbe le wo si la, ekema woaƒo koko na Yehowa Zebaot, ne womagatsɔ nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la, ayi Babel o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye gbeƒãɖela wonye, eye Aƒetɔ ƒe nya le wo si la, ekema na woaƒo koko na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe mia nu, ale be womagatsɔ nu siwo susɔ ɖe Aƒetɔ ƒeme, Yuda-fia ƒeme kple Yerusalem la ayi Babilon o.