Jeremiah 27:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Ke ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilon-fia Nebukadnezar sia, eye wòatsɔ Babilon-fia ƒe kɔkuti o la, matsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ahe to na dukɔ ma, va se ɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ.