Jeremiah 28:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me le ƒe ma me le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me le ƒe enelia ƒe dzinu atɔ̃lia me be, nyagblɔɖila Xananya, Asur vi tso Gibeon, gblɔ nam le Yehowa ƒe me le nunɔlawo kple dukɔ blibo la ŋku me bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Yuda-fia Zedekiya va zi dzi, le ƒè enelia ƒe dzinu atɔ̃lia me le ƒè ma ke me la, gbeƒãɖela Xananya, Asur vi, tso Gibeon-du me va ƒo nu kplim le Aƒetɔ ƒeme. Egblɔ nam le nunɔlawo kple dukɔ blibo la ŋkume be: