Jeremiah 28:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, le esime nyagblɔɖila Xananya ŋe kɔkuti le nyagblɔɖila Yeremya ƒe ko megbe bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi aɖe megbe esime gbeƒãɖela Xananya ŋe kɔkuti la le Yeremya ƒe kɔ vɔ megbe la, Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be: