Jeremiah 28:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Gakɔkuti metsɔ de kɔ na dukɔ siawo katã, ne woanye Babel-fia Nebukadnezar te viwo, eye woasubɔe; gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: Metsɔ kɔkuga ku kɔ na dukɔ siawo katã ne woanye Babilon-fia Nebukadnezar teviwo asubɔe. Elabe metsɔ gbemelãwo gɔ̃ hã na fia Nebukadnezar be woasubɔe.’ ”