Jeremiah 28:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na nyagblɔɖila Xananya bena: Xananya, see: Menye Yehowa ye do wò o, hafi nèle nanam be, dukɔ sia nanɔ dzi ɖom ɖe alakpaka ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete gbeƒãɖela Yeremya gblɔ na gbeƒãɖela Xananya be: “Xananya, ɖo to nàsee! Menye Aƒetɔ ye dɔ wò o, eye nèwɔ dukɔ sia wòxɔ beble dzi se.