Jeremiah 28:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Makplɔ Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda ƒe aboyome, siwo katã yi Babel la, agbɔ va teƒe sia; elabena maŋe Babel-fia ƒe kɔkuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, makplɔ Yuda-fia Xonya, Yehoyakim vi kple ame siwo katã woɖe aboyoe kpe ɖe eŋu tso Yuda yi Babilon la agbɔ va teƒe siae elabe maŋe Babilon-fia ƒe kɔkuti la.” Aƒetɔ lae gblɔe.