Jeremiah 29:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Agbalẽ, si nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomeawo ƒe ame tsitsi susɔeawo, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple dukɔ blibo, si Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi Babel la me nya enye si;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbalẽ si Yeremya ŋlɔ ɖo ɖe nunɔlawo, gbeƒãɖelawo, dukɔa ƒe ametsitsiwo kple ame bubu siwo katã Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi Babilon la me nyawoe nye esiawo.