Jeremiah 29:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpo ɖa, maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, eye mawo wo abe gbotsetse vovo, siwo gblẽ, ɖuɖu mele wo ŋu o la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Kpɔ ɖa, mele aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ɖom ɖe wo dome, eye mawɔ wo woanɔ abe gbotsetse vóvo siwo gblẽ keŋ, eye womate ŋu aɖu wo o la ene.