Jeremiah 29:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe Axab, Kolaya vi, kple Zedekiya, Maaseya vi, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi na mi le nye ŋkɔ me la ŋu enye si: Matsɔ wo ade asi na Babel-fia Nebukadnezar, eye wòawu wo le mia ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe Axab, Kalaya vi kple Zedekiya, Maaseya vi, ame siwo le gbeƒã ɖem alakpanya na mi le nye ŋkɔ me la ŋu be: Kpɔ ɖa, matsɔ wo ade asi na Nebukadnezar, Babilon-fia, eye wòawu wo le mia ŋkume.