Jeremiah 29:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋkɔ me ɖo ɖe dukɔ blibo, si le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, kpakple nunɔla wo katã bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Èɖo agbalẽ ɖa, le wò ŋkɔ me, ɖe ame siwo katã le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi kpakple nunɔlawo katã be: