Jeremiah 29:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Aƒetɔ tsɔ wò ɖo nunɔlae ɖe nunɔla Yehoyada teƒe ale be nànye dzikpɔla le Aƒetɔ ƒe aƒeme ɖe tsukunɔ ɖe sia ɖe si le gbeƒã ɖem la dzi, nàdee atikpofɔblanu kpekpe me, ade ga kɔ nɛ.