Jeremiah 29:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã bena: Ale Yehowa gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ ŋu enye si: Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ wònye nyemedɔe o hafi, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã be: ‘Aƒetɔ gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ la ŋu be: Esi Semaya ɖe gbeƒã na mi, evɔ wònye nyemedɔe hafi o, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu ta la,