Jeremiah 3:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu ma gbɔa? Ɖe megblẽ kɔ ɖo na anyigba ma vevie ne èwɔe oa? Èwɔ gbolo kple ahiãvi geɖewo tso, hafi nèbe yeatrɔ agava gbɔnye! Aƒetɔ lae gblɔe.