Jeremiah 3:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣemaɣi la woayɔ Yerusalem be: „Yehowa ƒe fiazikpui“, eye dukɔwo katã aƒo takpli ɖe afima te Yehowa ƒe ŋkɔ, si le Yerusalem la ta, eye womagazɔ le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be Aƒetɔ ƒe fiazikpui, eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe afi ma le Aƒetɔ ŋkume le Yerusalem. Womagakplɔ woƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri la ɖo azɔ o.