Jeremiah 3:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fɔ mo dzi nàkpɔ to ƒeƒlewo tame ɖa! Afi kae womedɔ kpli wò le kpɔ o? Èbɔbɔ nɔ mɔ to nɔ wò ahiãviwo lalam abe Arabiatɔ aɖee le ame aɖe lalam le gbedadaƒo ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ vivivo ƒo ɖi anyigba la.