Jeremiah 3:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye mina míaƒe gbɔɖiɖi natsyɔ mía dzi. Elabe míewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu, míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuiwo tso mía ɖevime va ɖo egbe. Mímeɖo to Aƒetɔ, mía Mawu la ƒe gbe o.”