Jeremiah 3:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime fia Yosiya nɔ zi dzi la, Aƒetɔ gblɔ nam be: “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla ma wɔa? Eyi togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe tame kple ati dama ɖe sia ɖe te, eye wòwɔ gbolo le afi ma.