Jeremiah 3:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be ekpɔ be megbe Israel, nuteƒemawɔla ma, na srɔ̃gbegbalẽe henyae le eƒe ahasiwɔwɔ ta hã la, Yuda, Israel nɔvinyɔnu alakpanuwɔla la, mevɔ̃ o; ke boŋ eya hã yi ɖawɔ gbolo.