Jeremiah 30:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ be: “Mègavɔ̃ o, nye dɔla Yakob. Israel, dzi megaɖe le ƒowò o, elabe kpɔ ɖa, maxɔ na wò tso didiƒe ʋĩi, maxɔ na wò dzidzimeviwo le anyigba si dzi wole aboyo me le. Yakob atrɔ gbɔ va aƒe, anɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me, eye naneke mado ŋɔdzi nɛ o.