Jeremiah 30:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be, eye womebia ta wò se o; elabena metsɔ tohehe, si teƒe mekɔ o la, ƒo wòe abe futɔ ƒe ameƒoƒo ene le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be; womegatsɔ ɖeke le eme na wò o, elabe metu nu kpli wò abe futɔ ene, eye mehe to na wò nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ketɔ ene; elabe èɖi fɔ ŋutɔ, eye wò nuvɔ̃wo sɔ gbɔ ale gbegbe.