Jeremiah 30:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata woaɖu amesiwo katã ɖu wò, eye wò ketɔwo katã ayi aboyo me; woaha amesiwo ha wò, eye woada adzo amesiwo katã da adzo wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta ame siwo katã vuvu wò la, woavuvu wo. Wò ketɔwo katã, wo dometɔ ɖe sia ɖe, ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã; ame siwo katã da adzo wò la, woada adzo woawo hã.