Jeremiah 30:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe la ƒe nunyonamewo te, eye makpɔ nublanui na enɔƒewo. Woagatso du la ɖe eƒe togbɛa dzi, eye fiasã la anɔ teƒe si wònɔ tsã la.