Jeremiah 30:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒe amegã anye wo dometɔ ɖeka, eye wo dziɖula ado tso wo dome. Mana wòate va gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye elabe ame kae ate ŋu ado dzi ate ɖe ŋunye? Aƒetɔ lae gblɔe.