Jeremiah 30:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mibia se, eye miɖo ŋku anyi be, ɖe ŋutsu dzia vi loo? Nukaŋuti mele ŋutsu sia ŋutsu kpɔm wotsɔ asi ɖo ali abe nyɔnu léku ene, eye woƒe ŋku me wo katã fu tititi?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ mibia, eye mibu eŋu kpɔ! Ðe ŋutsu ate ŋu dzi via? Ekema nu ka tae mekpɔ ŋutsu ɖe sia ɖe wòɖo asi ali abe nyɔnu si le ku lém la ene? Nu ka tae mo ɖe sia ɖe fu tititi?