Jeremiah 30:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Alele, anye ŋkeke dziŋɔ eye ɖeke magasɔ kplii o! Anye xaxaɣi na Yakob, ke woaɖee le eme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aléle! Ŋkeke ma dzi ŋɔ; ŋkeke aɖeke masɔ kplii o. Xaxaɣi wònye na Yakob gake woaɖee le eme.”