Jeremiah 31:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woava atso aseye le Zion ƒe togbɛ dzi, eye woanye zi ɖe Yehowa ƒe nu nyuiwo dzi, ɖe lu, wein kple ami, alẽviwo kple nyiwo dzi, woƒe luʋɔ anɔ abe abɔ, si wode tsii ene, eye nu magati kɔ na wo azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woava dzi ha sesĩe kple dzidzɔ le Zion-togbɛ la dzi, eye dzi adzɔ wo le nu nyui si Aƒetɔ wɔ la ŋu. Woakpɔ dzidzɔ le lu, wain kple ami, alẽviwo ƒe ha kple nyihawo ŋu. Woanɔ agbe abe abɔ si wode tsii ene, eye womagaxa nu azɔ o.