Jeremiah 31:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe la ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ; matrɔ woƒe nuxaxa wòazu dzidzɔ, mafa akɔ na wo, eye mado dzidzɔ na wo le woƒe konyifafa megbe;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema ɖetugbiwo akpɔ dzidzɔ aɖu ɣe; ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo atso aseye. Matrɔ woƒe nuxaxa wòazu dzidzɔ. Mafa akɔ na wo, eye mana woakpɔ dzidzɔ ɖe konyifafa teƒe.