Jeremiah 31:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mese Efrayim xa nu be: ‘Èhe to nam, eye mebɔbɔ ɖokuinye xɔe kpoo. Mele abe nyivi si womemla o ene. Gakplɔm gbɔe, ne magatrɔ ɖe ŋuwò, elabe wòe nye Aƒetɔ, nye Mawu.