Jeremiah 31:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe Efrayim nye vinye ŋutsu lɔlɔ̃a? Eyae nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le oa? Elabe zi ale si menyale nya aɖe gblɔm ɖe eŋu ko la, meɖoa ŋku edzi kokoko. Eya ta nye dzi le edim vevie; makpɔ nublanui nɛ godoo,” Aƒetɔ lae gblɔe.