Jeremiah 31:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mitu dzesidetiwo kple mɔfiatiwo ɖe mɔto. Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu, mɔ si dzi nèto to eŋu. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖo ŋkuɖodzikpewo, tu dzesidonuwo, tsɔ wò tame ɖo mɔ, si nèto la ŋu. Trɔ gbɔ, ɖetugbi Israel, trɔ gbɔ, va wò du siawo me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Fɔ kpewo ɖo ɖe mɔ to na ɖokuiwò nàtsɔ de dzesi mɔ lae. Tu dzesidenu siwo akpe ɖe ŋuwò la ɖi. Lé ŋku ɖe mɔ gã si nèto yi la ŋu. Israel ɖetugbi leaƒe, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va mia dedu siawo me.