Jeremiah 31:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne megaɖo wò te la, ekema woagblɔ nya sia le Yuda-nyigba dzi kple eƒe duwo me bena: Yehowa ayra wò, wò dzɔdzɔenyenye nɔƒe, wò to kɔkɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Ne megaɖo dukɔ la ƒe nunyonamewo te la, woagawɔ nyagbɔgblɔ sia ŋudɔ le Yuda-nyigba dzi kple eƒe duwo me be: ‘Aƒetɔ ayra wò, wò nu dzɔdzɔe wɔƒe! Wò togbɛ kɔkɔe!’