Jeremiah 31:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ be: Nu, si mele babla ge kple Israel-dukɔ le ŋkeke mawo megbe lae nye esi: Matsɔ nye se la ade wo me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.