Jeremiah 31:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke magafia nu ehavi alo agblɔ na nɔvia be: ‘Dze si Aƒetɔ’ o, elabe ame sia ame adze sim tso ame gblɔewo dzi va se ɖe ame ŋkutawo dzi; elabe matsɔ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nuvɔ̃ dzi o.” Aƒetɔ lae gblɔe.