Jeremiah 31:35 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi; eya amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me, eya amesi de adã ta me na atsiaƒu, be eƒe tsotsoewo nadze agbo la, eŋkɔ enye Yehowa Zebaot:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, ame si na ŋusẽ ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖoe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me; eya ame si blua atsiaƒu ale be eƒe tsotsoewo dzea agbo, ame si ŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, be: