Jeremiah 31:40 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ame kuku balime, dzowɔ balime blibo la kpakple agblewo katã ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu vaseɖe sɔgbo la ƒe dzogoe dzi anɔ kɔkɔe na Yehowa; womagagblẽe azɔ o, eye womagagbãe aƒu anyi akpɔ gbeɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Bali si me woɖia ame ɖo, afi si woƒoa ƒu dzowɔ hã ɖo kple agble siwo katã le afi ma yi ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu va do ɖe Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi la, anɔ kɔkɔe na Aƒetɔ. Womagagblẽ dua alo agbãe akpɔ gbeɖe o.”