Jeremiah 31:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Mido dzidzɔɣli ɖe Yakob ŋu, eye mitso aseye ɖe dukɔwo ƒe ta ŋu! Mina kafukafuha naɖi, eye migblɔ be: Yehowa, xɔ na wò dukɔ, na Israel mamlea!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ be: “Midzi ha sesĩe kple dzidzɔ na Yakob, eye mitso aseye ɖe dukɔwo ƒe tatɔ ŋu! Miɖe gbeƒã, mikafui, eye migblɔ be: ‘Aƒetɔ xɔ eƒe dukɔ ɖe agbe! Exɔ na Israelvi siwo susɔ la!’