Jeremiah 32:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe wòzu wo tɔ. Ke womeɖo to wò gbe alo wɔ wò seawo dzi o. Nu siwo katã nègblɔ na wo be woawɔ la, wogbe wo wɔwɔ. Eya ta nèna vɔ̃ siawo katã dzɔ ɖe wo dzi ɖo.