Jeremiah 32:36 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe ɖu, si ŋu miawo miele gbɔgblɔm le be, woatsɔe ade asi na Babel-fia to yi dɔwuame kple dɔvɔ̃ dzi la ŋuti enye si:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eya ta azɔ la, Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du sia, si ŋu miawo miele gbɔgblɔm le be: ‘Wotsɔe de asi na Babilon-fia to aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ dzi’ la ŋu be: