Jeremiah 32:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woagaƒle agble le anyigba sia, si ŋu miawo miele gbɔgblɔm le be, ezu gbegbe, elabena amegbetɔ kple lãwo megali o, eye wotsɔe de asi na Kaldeatɔwo la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miele gbɔgblɔm be anyigba sia zu gbegbe, amegbetɔ alo lã megale edzi o, eye wotsɔe de Kaldeatɔwo si. Ke woaƒle agble le anyigba sia dzi.